1 Samuel 12:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyee nye si, miɖi ɖase le ŋunye le Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋku me! Ameka ƒe nyitsu mexɔ, eye ameka ƒe tedzi mexɔ? Ameka ŋu mese ŋuta le, ameka mete ɖe anyi, eye ameka si mexɔ zãnu le hemiã ŋku ɖe edzi? Ne maɖo teƒe na mi!?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyee nye esi. Ne mewɔ vɔ̃ aɖe la, migblɔe le Aƒetɔ kple fia si nye eƒe amesiamina la ŋkume. Mexɔ ame aɖe ƒe nyitsu alo eƒe tedzia? Ame kae meba alo te ɖe to? Ame ka si mexɔ zãnu le be nyemakpɔ nya dzɔdzɔe o? Migblɔe ne maɖo eteƒe na amea.”