1 Samuel 13:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Samuel dzo le Gilgal yi Gibea le Benyaminviwo ƒe anyigba dzi. Esi Saul xlẽ eƒe aʋawɔlawo la, ekpɔ be ame alafa ade koe susɔ!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Samuel dze mo tso Gilgal yi Gibea-Benyamin. Ke Saul xlẽ dukɔ, si tsi eŋu la, wole ame alafa ade.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Samuel trɔ tso Gilgal yi Gibea le Benyamin-nutome. Saul xlẽ ame siwo susɔ ɖe egbɔ la, eye wole asrafo alafa ade ko.