1 Samuel 13:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hebritɔ aɖewo gɔ̃ la tso Yɔdan tɔsisi la eye wosi yi Gad kple Gileadnyigbawo gɔ̃ hã dzi. Saul ya tsi Gilgal eye aʋakɔ siwo nɔ eŋu la dzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Hebritɔwo tso Yordan yi Gad-nyigba kple Gilead-nyigba dzi; ke Saul gale Gilgal ke, eye dukɔ blibo la le dzodzom nyanyanya le eyome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame bubuwo tso Yordan-tɔsisi la yi Gad kple Gilead nutowo me. Ke Saul ya ganɔ Gilgal ko, eye ame siwo le eyome nɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe.