1 Samuel 14:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia na Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo kple nuhalawo sia vɔ̃ eye wotɔtɔ. Hekpe ɖe esia ŋu la anyigba ʋuʋu sesĩe eye vɔvɔ̃ gaɖo futɔwo wu tsã elabena ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple gbeadzi kpakple aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo kple afunyilawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple nutoa me eye dzidzi ƒo ameawo. Dzidzi ƒo dzɔlawo kple aʋamenuhalawo gɔ̃ hã wodzo nyànyanya. Anyigba ʋuʋu eye wòzu zitɔtɔ gã aɖe ŋutɔ.