1 Samuel 14:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Saul gblɔ na eƒe amewo be, “Mikpɔe ɖa be ame kae mele afi sia o.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi menɔ wo dome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Saul gblɔ na aʋakɔ, si le eŋu la bena: Mixlẽ ameawo, ne míakpɔ amesi dzo le mía dome! Eye esi woxlẽ wo la, kpɔ ɖa, Yonatan kple eƒe adekplɔvi meli o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Saul ɖe gbe na eŋunɔlawo be: “Mixlẽ asrafoawo ne miakpɔ ɖa be ame aɖe bu le mía dome hã.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi meli o.