1 Samuel 14:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye miagblɔ na ameawo be woahe nyiawo kple alẽwo ava wu le afi sia eye woatsyɔ ʋu le wo me ale be womawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu to ʋuɖuɖu me o.” Ale ame ɖe sia ɖe kplɔ eƒe nyi ɖe asi yi le zã ma me eye wowu wo le afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Saul gagblɔ bena: Mikaka ɖe aʋakɔ la dome, ne miagblɔ na wo bena: Mia dome amesiame nekplɔ eƒe nyi kple eƒe alẽ vɛ, miwu wo ɖe afisia, ne miaɖu, eye migawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu ahaɖu lã, si ƒo ʋu o! Tete aʋakɔ blibo la dome amesiame kplɔ eƒe nyi ɖe asi yi le zã ma me, eye wowu wo le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Saul ɖe gbe be: “Mikaka ɖe aʋakɔ la dome eye migblɔ na wo be: ‘Ame sia ame nekplɔ eƒe nyi alo alẽ vɛ. Newu wo le afii ne wòaɖu. Ke migawɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu ahaɖu lã si ƒo ʋu la o.’ ” Ale ameawo dome ame sia ame kplɔ eƒe nyi vɛ zã ma me, eye wowu wo le afi ma.