1 Samuel 14:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hafi Yonatan naɖo Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la, ele nɛ be wòato mɔ xaxɛ aɖe si to agakpe eve dome la dzi. Woyɔa agakpe ɖeka be Bozez eye woyɔa evelia be Sene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye agakpe tsyɔƒu eve le to dzi mɔ, si to ge Yonatan ala ayi ɖe Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la, ƒe goawo kple eve dzi. Agakpe ɖeka ŋkɔ nye Bozez, eye evelia ŋkɔ nye Sene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Agakpe tsyɔƒu eve nɔ todomemɔ si dzi Yonatan le toto ge ayi Filistitɔwo ƒe asaɖa me la ƒe akpa eveawo dzi. Woyɔa ɖeka be Bozez, eye woyɔa evelia be Sene.