1 Samuel 14:45 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake dukɔ la gblɔ na Saul bena: Ɖe Yonatan, amesi du dzi gã sia le Israel la, akua? Esia nede megbe xaa! Mieta Yehowa ƒe agbe be, taɖaa ɖeke mage tso eƒe ta ɖe anyigba o; elabena Mawue na be, wowu nusia egbea! Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu, be meku o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke dukɔ la bia Saul be: “Ðe Yonatan, ame si he dziɖuɖu gã sia vɛ na Israel la dze na kua? Gbeɖe! Míetà Mawu gbagbe la be eƒe taɖa ɖeka hã mage ɖe anyigba o, elabe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu mee wòto te ŋu wɔ nu sia egbea.” Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu be womewui o.