1 Samuel 15:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Samuel ɖo eŋu be, “Ɖe wò numevɔsawo kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Toɖoɖo nyo wu vɔsa eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Samuel gblɔ be: “Ɖe Aƒetɔ kpɔa ŋudzedze le numemevɔsawo kple vɔsawo ŋu abe toɖoɖo Aƒetɔ ƒe gbe enea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami.