1 Samuel 15:32 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.” Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Samuel gblɔ bena: Mikplɔ Amalek-fia Agag vɛ nam! Agag zɔ yi egbɔ kakaka, eye Agag gblɔ bena: Ku ƒe vevesese gɔ̃ hã bu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Samuel ɖe gbe be: “Mikplɔ Agag, Amalek-fia va gbɔnye afii.” Agag zɔ kakaka yi egbɔ dzidzɔtɔe. Agag gblɔ be: “Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ si ɖom mebe maku la nu yi.”