1 Samuel 15:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Saul na woɖe gbe ƒã na dukɔ la, eye wòxlẽ wo le Telaim, afɔzɔlawo le ame akpe alafa eve, eye Yuda-ŋutsuwo le ame akpe ewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Saul ƒo asrafoawo nu ƒu ɖe Telaim, eye wòxlẽ wo. Asrafo afɔzɔlawo le ame akpe alafa eve, eye asrafo siwo tso Yuda le ame akpe ewo.