1 Samuel 15:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Saul gblɔ na Kenitɔwo bena: Midzo, mite da, eye miho tso Amalekitɔwo dome, ne magatsrɔ̃ mi akpe ɖewo ŋuo; elabena mieve Israel-viwo katã nu, esi woʋu tso Egipte! Tete Kenitɔwo te ɖa tso Amalekitɔwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be: “Netsɔ na mi, ne miado adzo le Amalekitɔwo dome, ne magatsrɔ̃ mi akpe ɖe wo ŋu o. Elabe mieve Israelviwo katã nu esime wodo go tso Egipte gbɔna.” Ale Kenitɔwo do le Amalekitɔwo dome dzo.