1 Samuel 15:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Saul kple dukɔ la kpɔ Agag kple alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta, eye wometsrɔ̃ wo gbidigbidi o; ke wotsrɔ̃ nu ɖigbɔwo kple nu, siwo ŋu viɖea ɖeke mele o la gbidigbidi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Saul kple eƒe asrafowo ɖe asi le fia Agag ŋu. Wona alẽ nyuitɔwo, nyitsuwo, nyivi damiwo, alẽviwo kple nu sia nu si nyakpɔ na wo ko la tsi agbe; wometsrɔ̃ woawo ya o. Ke nu siwo wotsri kple esiwo ŋu viɖe aɖeke mele o ya la, wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ.