1 Samuel 16:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Va se ɖe ɣe ka ɣi nàfa konyi le Saul ŋu? Megbe be magaɖu fia ɖe Israel dzi o. Kpɔ ɖa, ku ami ɖe wò lãdzo me eye nàdze mɔ ayi Betlehem. Mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le afi ma elabe mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.”