1 Samuel 16:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wòbia Yese be, “Viŋutsuvi siawo koe le asiwòa?” Yese ɖo eŋu be, “Ɖevitɔ li gake ele alẽwo kplɔm le gbedzi.” Samuel gblɔ be, “Dɔ ame ɖo ɖee elabena míanɔ anyi o, va se ɖe esime wòava.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Samuel bia Isai bena: Ɖekakpuiawo vɔa? Eɖo ŋu bena: Ekpɔtɔ ɖevitɔ, kpɔ ɖa, eyi alẽkplɔƒe! Tete Samuel gblɔ na Isai bena: Dɔ ame woaɖakplɔe vɛ; elabena míayi nuɖugba nu o, vaseɖe esime wòava afisia hafi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Viwòawo katãe nye esi le afi sia?” Yese ɖo eŋu be: “Ðevitɔ koe susɔ. Eya kplɔ alẽwo yi gbedzi.” Samuel gblɔ na Isai be: “Dɔ ame ɖa ne woaɖakplɔe vɛ, elabe míate ŋu anɔ afii anɔ lalam ʋuu va se ɖe esime eya ŋutɔ agbɔ o.”