1 Samuel 16:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Kpɔ ɖa, menya ŋutsuvi aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie. Tɔ́a ŋkɔe nye Isai eye wòtso Betlehem. Ŋutsuvia nye aʋawɔla kalẽtɔ si nya nuƒoƒo eye wòdze ɖeka. Aƒetɔ li kplii.”