1 Samuel 16:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Dawid va Saul gbɔ, eye wòtsi tre ɖe eŋku me, eƒe nu lé dzi nɛ ŋutɔ, eye wòtrɔ zu eƒe adekplɔvi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale David va Saul gbɔ va zu eƒe subɔla. Saul lɔ̃ David ƒe nya ŋutɔ eye wòwɔe wòzu eƒe adekplɔvi.