1 Samuel 16:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu bena: Ŋutifafae! Vɔ sa ge meva na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miava vɔsa la gbɔ kplim! Eye wòkɔ Isai kple viawo ŋu hekpe wo va vɔsa la gbɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Samuel ɖo eŋu na wo be: “Ẽ, nya nyui mehe vɛ. Meva be masa vɔ na Aƒetɔ eya ta mikɔ mia ɖokui ŋu ne miava vɔsaƒea.” Ekɔ Yese kple viawo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.