1 Samuel 17:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yese viŋutsu tsitsitɔ etɔ̃ kplɔ Saul ɖo yi aʋa. Gbãtɔ ŋkɔe nye Eliab, evelia ŋkɔe nye Abinadab eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Sama.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Isai ƒe vi xoxoetɔ etɔ̃awo kplɔ Saul ɖo yi aʋa la. Via etɔ̃, siwo yi aʋa la, ŋkɔwo nye: Eliab, si nye ŋgɔgbevi la, evelia nye Abinadab, eye etɔ̃lia nye Sama.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Via ŋutsuvi tsitsitɔ etɔ̃ yi aʋagbedzi kple Saul. Yese vi etɔ̃ siawoe nye Eliab, ame si nye ŋgɔgbevia. Eyometɔe nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Sama.