1 Samuel 17:39 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David do gawu la, ɖɔ akɔblikuku la eye wòta yi ɖe gawu la dzi. Eɖe afɔ ɖeka, eve be yeate zɔzɔ le awuawo me kpɔ elabena medo wo kpɔ o. Egblɔ na Saul be, “Nyemate ŋu ayi kple nu siawo o elabena wo dodo memam o.” Ale David ɖe nuawo da ɖi eye wòdze mɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid ta eƒe yi ɖe awu la dzi, eye wòde asi zɔɖeɖe me, elabena mete edodo kpɔ o. Tete Dawid gblɔ na Saul bena: Nyemate ŋu anɔ alea ayi o, elabena nyemedoe kpɔ o. Eye Dawid ɖe wo ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David kpla eƒe yi ɖe gawua dzi eye wòdze agbagba be yeazɔ, ke mete ŋui o, elabe medo wo womae o. Eya ta David gblɔ na Saul be: “Nyemate ŋu anɔ nu siawo me ayi o. Womemam o.” Ale David ɖe wo ɖi.