1 Samuel 17:55 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Saul kpɔ Dawid wòyina Filistitɔa kpe ge la, ebia aʋafia Abner bena: Abner, ameka vi enye sia? Abner ɖo ŋu bena: Fiã, mefa wò siaa, nyemenyae o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa kpe ge kple Filistitɔ la la, ebia eƒe aʋakplɔlagã Abner be: “Abner, ame ka viŋutsuvie nye ɖevi sia?” Abner ɖo eŋu be: “Fia nenɔ agbe tegbee. Nyemate ŋu agblɔe o.”