1 Samuel 18:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Saul gblɔ na wo be, “Migblɔ na David be srɔ̃ɖenu si medi tso esi koe nye Filistitɔ alafa ɖeka ƒe aʋanuyiwo: hlɔ̃biabia nye futɔwo koe nye nu si mehiã.” Ke ta me si Saul ɖo lae nye be woawu David le aʋa la me!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Saul gblɔ be: Ale miagblɔ na Dawid enye si: Fia mele srɔ̃ɖenua ɖeke dim o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, ne woabia hlɔ̃ fia ƒe futɔwo. Ke Saul bu be, yeana Dawid natsi Filistitɔwo si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Saul gagblɔ be: “Mina David nase egɔme nyuie be fia la mehiã srɔ̃ɖenu aɖeke o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, atsɔ bia hlɔ̃ eƒe futɔwo.’ ” Saul bu be yeana David natsi Filistitɔwo si me to mɔ sia dzi.