1 Samuel 19:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye eya hã ɖe eƒe awuwo ɖi hede asi nyagbɔgblɔ me ɖi le Samuel ŋku me, eye wòɖe ama ɖi ŋkeke blibo ma kple zã blibo la. Eyata wogblɔna be: Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya hã ɖe eƒe awu ɖi eye wòɖe gbeƒã le Samuel gbɔ. Enɔ amama ŋkeke blibo ma kple zã katã. Afi sia nyagbɔgblɔ sia dzɔ tso amewo gblɔna be: “Ðe Saul hã le Mawu ƒe gbeƒãɖelawo domea?”