1 Samuel 19:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yonatan ƒo nu nyuie le Dawid ŋu na fofoa Saul gblɔ nɛ bena: Fia megada vo ɖe eƒe dɔla Dawid ŋu o, elabena meda ƒu ɖe ŋuwò o, ke boŋ nusiwo wòwɔ la, wò nyui ko wonye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yonatan yi ɖaƒo nu nyui le David ŋu na tɔ́a Saul gblɔ nɛ be: “Megava eme be fia nawɔ vɔ̃ ɖe eƒe dɔla David ŋu o, elabe mewɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò o, ke boŋ dɔ nyui wòwɔ na wò.