1 Samuel 19:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Etsɔ eƒe agbe ɖo asiƒo me hewu Filistitɔ la, eye Yehowa ɖu dzi gãa ɖe na Israel blibo la. Wo ŋutɔ èkpɔe, eye dzi dzɔ wò; nukaŋuti nèbe, yeada vo ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahawu Dawid dzodzro?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etsɔ eƒe agbe ke faa yi ɖawu Filistitɔ la, eye Aƒetɔ na Israel-dukɔ ɖu dzi nukutɔe. Wò ŋutɔ èkpɔe eye dzi dzɔ wò. Nu ka ta nàwɔ vɔ̃ ɖe ame maɖifɔ ŋu awu David dzodzro?”