1 Samuel 2:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ame si le vɔ la sam gblɔ be, “Àte ŋu atsɔ lã si dze ŋuwò, gake ele be woatɔ dzo lãmi la gbã abe ale si woɖoe da ɖi ene” la, subɔla la gblɔna be, “Ao, ne mèɖe asi le eŋu nam fifi laa o la, matsɔe sesẽtɔe!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne ame la do ŋu be: Na woatɔ dzo amiawo gbɔ, emegbe hã axɔ nusianu, si dze ŋuwò la, ekema egblɔna be: Gbeɖe, ke boŋ nae tititi, ne menye nenem o la, maxɔe kple sesẽ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne vɔsala la ɖo eŋu be: “Nà woatɔ dzo amia gbã, emegbe àte ŋu atsɔ lã ale sinu dze ŋuwò” la, egblɔna be: “Gbeɖe! Tsɔe nam fifi laa! Ne menye nenema o la, matsɔe kple sesẽ!”