1 Samuel 2:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eli yraa Elkana kple srɔ̃a Hana gblɔna be, “Yehowa nana nyɔnu sia nadzi viwo na wò ne woaxɔ ɖe esi wòdo gbe ɖa bia gagbugbɔ tsɔ na Yehowa la teƒe.” Ale wodzona yina ɖe wo de.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe Eli yra Elkana kple srɔ̃a gblɔ bena: Yehowa ana nyɔnu sia nadzi vu na wò natsɔ ɖo amesi nèbia Yehowa la teƒe! Eye wogbugbɔ yi wo nɔƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe Eli biaa yayra na Elkana kple srɔ̃a gblɔna be: “Aƒetɔ negana nyɔnu sia nadzi viwo na wò nàtsɔ ɖo esi nètsɔ nɛ la teƒe.” Emegbe wotrɔna yia wo de.