1 Samuel 2:35 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Maɖo nunɔla nuteƒewɔla, ame si awɔ nu ɖe nye didi nu la na ɖokuinye. Mana eƒe dzidzimeviwo nasubɔm le nye amesiamina gbɔ tegbee.