1 Samuel 2:36 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema ame sia ame si susɔ ɖe wò ƒome la me ava de ta agu ɖe eŋkume abia klosaloga ɖeka alo abolo kakɛ aɖe kple kukuɖeɖe be, “De nunɔla ƒe dɔ aɖe asi nam ale be mate ŋu akpɔ nu vi aɖe aɖu.” ’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo akpɔtɔ ɖe aƒewò me la, dome ɖesiaɖe ava dze klo ɖe eŋku me, eye woabia ga kple aboloe agblɔ bena. Tsɔm kpe ɖe wò amesiwo le nunɔladɔ wɔm la ŋuti, ne makpɔ abolo aɖu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò dzidzimevi siwo asusɔ la ayi nunɔla la gbɔ aɖabia ga kple nuɖuɖui, eye woaɖe kuku nɛ be: “Míeɖe kuku, ɖe mɔ na mí ne míakpe ɖe nunɔlawo ŋu ale be míakpɔ nane aɖu.’ ”