1 Samuel 2:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyae ɖea ame dahewo tso ké me, eye wòkɔa hiãtɔwo ɖe dzi tso dzowɔ me. Ewɔ esia be woanɔ anyi ɖe amegãwo dome, eye woabɔbɔ nɔ bubuteƒewo. Anyigba ƒe gɔmeɖoɖowo nye Aƒetɔ tɔ, eye woawo dzie wòtu xexea me godoo ɖo.