1 Samuel 20:42 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yi le ŋutifafa me; nusi dzi mía ame eve míeka atam ɖo le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi bena, Yehowa nanɔ mía kple wò, nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome la, nanɔ anyi tegbee!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yonatan gblɔ na David be: “Heyi le ŋutifafa me, elabe mí ame eve la míeka atam na mía nɔewo le Aƒetɔ ŋkɔ me be, ‘Aƒetɔ ƒe nubabla anɔ nye kple wò, nye dzidzimeviwo kple tɔwòawo dome tegbee.’ ” Ale David tso dze mɔ eye Yonatan gbugbɔ yi dua me.