1 Samuel 21:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔla la tsɔ nu kɔkɔe la nɛ, elabena aboloa ɖeke meli o, negbe ŋkumeɖobolo, si woɖe ɖa le Yehowa ŋku me, be woatsɔ abolo dzodzoe ada di le gbesigbe woɖee ɖa la koe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye Doeg, tso Edom, la le afi ma. Wozi ŋutsu sia dzi ɖe Aƒetɔ ŋkume gbe ma gbe.