1 Samuel 21:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla la ɖo eŋu be, “Goliat, Filistitɔ si nèwu le Ela balime la ƒe yi le asinye. Woblae ɖe avɔ aɖe me le awuwo dzraɖoƒe le kɔmewu la megbe. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔe elabena aʋawɔnu bubu aɖeke megale afi sia o.” David ɖo eŋu be, “Eya tututu dim mele; tsɔe nam!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid gblɔ na Aximelex bena: Akplɔ alo yia ɖeke mele asiwò le afisia oa? Nyemetsɔ nye yi alo aʋawɔnua ɖeke ɖe asi o, elabena fia ƒe nya la le kplakplakpla dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aximelex ɖo eŋu nɛ be: “Goliat, Filistitɔ si nèwu le logotibali me la ƒe yi koe li. Ele kɔmewu la megbe, wobla avɔ ɖe eŋu. Ne èdi be yeaxɔe la, tsɔe. Eya ɖeka koe le afii.” David gblɔ nɛ be: “Tsɔe nam. Etɔgbe meli o!”