1 Samuel 22:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖe gbe na eƒe asrafowo be, “Miwu nunɔla siawo katã elabena wobla kple David ɖe ŋunye; wonya be ele sisim le nunye, ke womegblɔe nam o!” Ke asrafoawo gbe womewu Yehowa ƒe nunɔlawo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la gblɔ na blafo, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Mile yi, ne miawu Yehowa ƒe nunɔlawo, elabena woawo hã ƒe asi le Dawid ƒe nya me, eye wonyae bena, ɖe wòsi, gake womeva fi tofi nam o! Ke fia ƒe dɔlawo melɔ̃ be, yewoado yewoƒe asi ɖa ada nu Yehowa ƒe nusiawo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete fia la gblɔ na eŋudzɔla siwo le tsitre ɖe egbɔ la be: “Miwu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawo! Wowɔ ɖeka kple David ɖo nugbe ɖe ŋunye. Wonya be ɖe wòsí gake womeva fi tofi nam o.” Ke eŋudzɔlaawo gbe be yewomawu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawo o.