1 Samuel 23:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid kple eƒe amewo, woanɔ ame alafa ade, wodze mɔ, eye wodzo tso Kegila ɖo ta afisiafi le yiyim ko. Esi wova gblɔe na Saul be, Dawid si tso Kegila la, etasi hoho la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete David kple eƒe amewo dzo le Kegila enumake. Woanɔ ame alafa ade. Wodzo henɔ yiyim ko, eye womenya afi si tututu yim wonɔ o. Esi wogblɔ na Saul be David sí le Kegila la, megaxayi o.