1 Samuel 23:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Ziftɔwo yi Saul gbɔ le Gibea eye wozɔ David ŋu nɛ, gblɔ nɛ be, “Míenya afi si wòbe ɖo; ele Hores ƒe agadowo me le Hakila to la dzi, le gbegbe la ƒe dzieheliƒo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Siftɔwo va Saul gbɔ le Gibea gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Dawid ɣla eɖokui ɖe mía gbɔ le bebeƒe ɖe ave me le Xaxila-togbɛ, si le gbegbe ƒe dziehe la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Siftɔ aɖewo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be: “David va bè ɖe tonyigba dzi le Xores. Ele Xaxila-togbɛ si le Yesimon ƒe anyigbeme la dzi.