1 Samuel 23:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid bia Yehowa bena: Mayi ɖasi Filistitɔ siawoa? Yehowa gblɔ na Dawid bena: Yi, ele Filistitɔwo si ge, eye èle Kegila ɖe ge.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta David bia Aƒetɔ be: “Mayi ɖawɔ aʋa kpli woa?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Yi nàɖawɔ aʋa kpli wo eye nàxɔ na Kegila-dua.”