1 Samuel 23:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Saul kple eƒe amewo dze wo yome eye esi wogblɔ esia na David la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ eye wònɔ Maon gbegbe. Esi Saul se esia la, eti eyome yi Maon gbegbe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Saul kple eƒe amewo yi edi ge, eye wova gblɔe na Dawid la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ ɖanɔ Maon-gbedzi. Ke esi Saul see la, eti Dawid yome va Maon-gbedzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Saul kple eƒe amewo yi David di ge, ke esee eye wòɖi abu yi togbɛ si le agakpewo dome le gbedadaƒo si le Maon gbɔ la gbɔ henɔ afi ma. Esi Saul se be ele afi ma la, eti David yome yi.