1 Samuel 23:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke David se nu tso Saul ƒe ɖoɖowo ŋu eye wògblɔ na nunɔla Abiata be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye wòabia nu si yewoawɔ la tso Yehowa gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Dawid dze sii be, Saul ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋu le adza me la, egblɔ na nunɔla Abyatar bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi David nya be Saul le vɔ̃ ɖom ɖe ye ŋu la, egblɔ na nunɔla Abyatar be: “Tsɔ kɔmewu la va afii!”