1 Samuel 24:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, tɔ́nye, kpɔ wò awu ʋlaya kakɛ si le asinye la ɖa! Esi mekpɔ wò la, mate ŋu awu wò hafi, ke wò awu ʋlaya to sue sia ko melã dzoe. Kpɔ esia nàdze sii ƒãa be nyemeɖo be madze aglã ɖe ŋuwò loo, alo awɔ nu vevi aɖeke wò o. Wò la, èle yonyeme tim vevie be yeawum, togbɔ be nyemewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o hã.