1 Samuel 24:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wova alẽkpɔwo gbɔ le mɔ to, afisi agadoa ɖe le, eye Saul yi ɖe eme, be yeade afɔdzi; ke Dawid kple eƒe amewo le agado la ƒe agɔ me gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ƒe amewo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, egbee nye egbe! Aƒetɔ gblɔ na wò be gbe ɖeka la yeatsɔ wò futɔ ade asi na wò, eye nàwɔ nu sia nu si dze ŋuwò lae.” Ale David yi ɖalã Saul ƒe awu ʋlaya si wòdo la nu dzaa; Saul menya o.