1 Samuel 24:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid ƒe amewo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, esia nye ŋkeke, si ŋu Yehowa gblɔ le na wò be, yeatsɔ wò futɔ ade asi na wò, eye nawɔ nusianu, si dze ŋuwò la, ɖe eŋu! Eye Dawid tso yi ɖalã awu ʋlaya, si Saul do la nu dzaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, David ƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe me nɛ, le esi wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to ta.