1 Samuel 24:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na eƒe amewo bena: Neɖe megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawo nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ƒe nya la dze eƒe ameawo ŋu eye mena wowɔ nu vevi aɖeke Saul o. Saul tsi tsitre eye wòdzo le agadoa me heyi eƒe mɔzɔzɔ dzi.