1 Samuel 24:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe Dawid tso hedo le agado la me, eye wòdo ɣli ɖe Saul yome gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia! Eye Saul nyẽ kɔ, tete Dawid de ta agu, eye wòbɔbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David gblɔ na Saul be: “Nu ka ta nèle ame siwo le gbɔgblɔm be nye David, meɖo be mawɔ nu vevi wò la ƒe gbe sem?