1 Samuel 25:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene (400) dze mɔ kple David eye ame alafa eve (200) tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid gblɔ na eƒe amewo bena: Mia dome amesiame nefa yi! Eye wo dome amesiame ta yi, eye wotso dze Dawid yome, woanɔ ame alafa ene; ke ame alafa eve tsi nuawo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete David ɖe gbe na wo be: “Ame sia ame nekpla eƒe yi!” Wo katã wowɔ ɖe edzi; David ŋutɔ hã kpla etɔ eye wòdze mɔ kple ame alafa ene. Ame alafa eve tsi woƒe nuwo gbɔ.