1 Samuel 25:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, na be vodada sia nanɔ nye ko dzi. Meɖe kuku, na wò dɔla naƒo nu kpli wò eye nàɖo to nya si le wò dɔla si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòdze klo ɖe eƒe afa nu gblɔ bena: Nye aƒetɔ, dzinyee vodada la le! Eyata na wò dɔlanyɔnu naƒo nu ɖe wò to me, eye se wò dɔlanyɔnu ƒe gbe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edze klo ɖe David ƒe afɔnu eye wògblɔ nɛ be: “Nye amegã, nye vodadae. Meɖe kuku, ɖo to nàse nya si le asinye.