1 Samuel 25:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsɔ wò dɔlanyɔnu ƒe vodadawo kee! Yehowa ana nye aƒetɔ ƒe aƒe nali ke, elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nye aƒetɔ la le, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Taflatsɛ, ne meda vo aɖe ɖe ŋuwò la, tsɔe kem. Aƒetɔ le nana ge naɖu fia godoo, eye wò dzidzimeviwo hã ava nɔ wò zi dzi elabe eya ŋutɔ ƒe aʋa wɔm nèle. Dzɔgbevɔ̃e aɖeke madzɔ ɖe dziwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o.