1 Samuel 25:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ekema, nye aƒetɔ, màxa nu be yewu ame aɖewo dzodzro alo be yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Gawu la, ne Yehowa yra wò la, nye aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne nusia maganɔ mɔ me na wò, nye aƒetɔ, eye woaɖu dzi na wò, be wò, nye aƒetɔ, nèkɔ ʋu maɖifɔ ɖi, eye nèxɔ na ɖokuiwò o! Ne Yehowa na wònyo na wò, nye aƒetɔ la, ekema naɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
megave wò be yewu ame madzemadzee alo yebia hlɔ̃ na ye ɖokui o. Ne Aƒetɔ na nu nyo na wò la, meɖe kuku, ɖo ŋku dzinye.”