1 Samuel 25:37 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi aha la kɔ le mo nɛ la, Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete eƒe dzi fa ɖe eƒe dɔ me eye wòtsi maʋamaʋã abe kpe ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi ŋu ke, eye wein la kɔ le mo na Nabal la, srɔ̃a to nya siawo nɛ; tete dzi fa ɖe dɔ me ne, eye eyama zu kpe ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋu ke ŋdi la, Nabal ƒe mo kɔ eye Abigail gblɔ nya sia nya nɛ. Tete Nabal ƒe dzika tso enumake eye eƒe lã me tu.