1 Samuel 25:39 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be: “Mikafu Aƒetɔ! Ebia hlɔ̃ Nabal le esi wòdzum ta, eye wòxe mɔ na nye, eƒe dɔla be magawɔ vɔ̃ aɖekee o. Aƒetɔ he to na Nabal le nuvɔ̃ɖi si wòwɔ la ta.” Emegbe la, David dɔ ame ɖa be woaɖaƒo nu kple Abigail na ye ne yeaɖe.